Acts 14

Paulo va ɖo Ikonio

1Abe ale si wowɔnɛ le afi sia afi si wode ene la, Paulo kple Barnaba gayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Ikonio hã eye wogblɔ nya kple ŋusẽ tɔxɛ aɖe ale be ame geɖe siwo nye Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, trɔ zu xɔsetɔwo.

2Ke Yudatɔ siwo medina be yewoase Mawu ƒe ɖeɖenya sia o la, gblɔ nya baɖa ƒomevi geɖewo ɖe Paulo kple Barnaba ŋu. Wowɔ esia be Trɔ̃subɔlawo nagaxɔ woƒe nyawo dzi ase o. 3Esia hã meɖe dzi le Paulo kple Barnaba ƒo kura o, ke boŋ wonɔ dua me hegblɔ mawunya kple dzideƒo ɣeyiɣi didi aɖe. Aƒetɔ la na ŋusẽ wo wowɔ nukunu geɖewo be woafia kɔtee be eƒe nya la kakam wole vavã. 4Dua me tɔwo ma ɖe akpa eve, ɖewo nɔ Yudatɔwo ƒe dumemegãwo yome eye ɖewo hã nɔ Paulo kple Barnaba yome.

5Ke ame aɖewo va nɔ ɖoɖo wɔm be yewoade zitɔtɔ Trɔ̃subɔlawo ƒe ha, Yudatɔwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegãwo me ɖe Paulo kple Barnaba ŋu ale be ame siawo nadze Paulo kple Barnaba dzi aƒu kpe wo, awɔ nuvevi wo. 6Esi apostoloawo se nya sia la, wosi dzo le dua me heyi Likaonia ƒe duwo, Listra kple Derbe nutowo me. 7Eye wogblɔ nyanyui la fia le afi mawo hã.

Paulo va ɖo Listra kple Derbe

8Le Listra la ŋutsua aɖe le anyinɔƒe, ame si metea ŋu tsia tre ɖe eƒe afɔwo dzi o, eye wònye tekunɔ tso dadaa ƒe dɔme ke; mezɔ azɔlĩ kpɔ o. 9Ame sia ɖo to Paulo esi wònɔ nu ƒom na ameawo. Paulo lĩ ŋku ɖe edzi gãa eye wòkpɔ be xɔse le esi na dɔyɔyɔ, 10eya ta Paulo yɔe gblɔ be, “Tsi tre ɖe wò afɔwo dzi!” Le gbeɖeɖe sia nu la, ŋutsua ti kpo eye wòde asi azɔlĩzɔzɔ me.

11Nukunu sia wu gbɔgblɔ na amehawo eye wogblɔ le wo nɔewo dome le woawo ŋutɔwo degbe me be, ame siawo la, mawuwoe wonye le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me. 12Le woƒe nuwɔnawo ta la, wona ŋkɔ Barnaba be Yupiter si nye Helatɔwo ƒe mawu eye woyɔ Paulo be Merkurio elabena eyae nye ame si nɔ nu ƒom geɖe wu. 13Enumake Yupiter ƒe trɔ̃nua si ƒe nɔƒe le dua godo la tsɔ seƒoƒowo kple nunanawo fũ vɛ eye wòwɔ dzadzraɖo be yeawu nyitsu gã aɖe atsɔ asa vɔe na wo le dua ƒe agbowo nu le ameha la ŋkume.

14Nuwɔna sia gbã dzi na Barnaba kple Paulo vevie ŋutɔ ale wosi du ge ɖe ameawo dome eye wodo ɣli gblɔ na wo be, 15“Mía tɔwo, nu kae nye busunu sia wɔm miele? Míawo hã amegbetɔwo ko míenye abe miawo ke ene. Ɖe míeva be míagblɔ nyanyui sia na mi be miadzudzɔ nu maɖinu siawo tɔgbi subɔsubɔ eye miado gbe ɖa na Mawu gbagbe si wɔ dzi kple anyigba kple atsiaƒu kpakple nu siwo katã le eme la boŋ. 16Tsã la Mawu ɖe asi le dukɔ ɖe sia ɖe ŋu wòwɔ nu si dze eŋu. 17Ke hã la medzudzɔ ɖaseɖiɖi tso eɖokui ŋuti o, elabena ewɔa nu nyuiwo na mí, enaa tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo kple nuŋeɣiwo eye wòna nuɖuɖu geɖe mí hetsɔ dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũ.”

18Togbɔ be woɖe nya me na ameawo alea hã la, esẽse hafi wozi wo dzi be womete ŋu sa vɔ la na wo o.

19Ke le ŋkeke ʋe aɖewo ko megbe la, Yudatɔ aɖewo gatso Antioxia kple Ikonio va do ɖe Listra eye wogade ʋunyaʋunya dua me tɔwo me ɖe Paulo ŋu. Amehawo ho ɖe Paulo ŋu, ƒu kpee nyui va se ɖe esime wòku ƒenyi eye wohee do goe le dua me elabena wobu be eku. 20Xɔsetɔwo kple nɔvinɔviwo va ƒo ƒu ɖe eŋu kasia, Paulo fɔ, wo katã trɔ yi Listra dua me, eye le ŋkeke evea gbe la, wo kple Barnaba dzo yi Derbe.

Paulo trɔ va Antioxia le Siria

21Wonɔ Derbe hegblɔ nyanyui la le afi ma ŋkeke ʋe aɖewo eye ame geɖewo trɔ zu woƒe nusrɔ̃lawo. Emegbe la wogatrɔ yi Listra, Ikonio kple Antioxia eye wodo ŋusẽ xɔsetɔwo hefia ale si woalɔ̃ Mawu kple wo nɔewoe ɖe edzi wu la wo. 22Wode dzi ƒo na xɔsetɔawo be woalé woƒe xɔse la me ɖe asi sesĩe togbɔ be wole funyafunya wɔm wo hã elabena fukpekpe mee woato age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me. 23Paulo kple Barnaba ɖo hamemegãwo ɖe ha sia ha nu eye wowɔ nutsitsidɔ kple gbedodoɖa hetsɔ ameawo de asi na Mawu be wòakpɔ wo dzi le woƒe dɔwɔwɔwo me.

24Azɔ woyi woƒe mɔzɔzɔa dzi to Pisidia nutome va ɖo Pamfilia alo Terki. 25Wogagblɔ nya le Perga hã hafi tso eme yi Atalia.

26Mlɔeba la, woɖo tɔdziʋu hetrɔ va ɖo Antioxia afi si wodze woƒe mɔzɔzɔa gɔme le. Afi siae Mawu de dɔ si nu wowu fifia la asi na wo le.

27Esi wogbɔ va ɖo Antioxia la woyɔ xɔsetɔawo katã ƒo ƒui heka nu gã siwo Mawu wɔ kpli wo la ta na wo. Wogblɔ ale si Mawu ʋu xɔse ƒe mɔ na Trɔ̃subɔlawo hã la na ameawo. 28Paulo kple Barnaba tsi Antioxia henɔ xɔsetɔawo gbɔ ɣeyiɣi didi aɖe.

Copyright information for EweBEE